2 Thessalonians 2

Kristo ƒe vava zi evelia kple eƒe ŋgɔdodzesiwo

1Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be 2miagana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ si le gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o. 3Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o. Elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava, eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃. 4Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene eye wòable amewo be yee nye Mawu. 5Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa? 6Eye mienya xoxo nu si le mɔ xem na eƒe afi sia vava; elabena ne eƒe ɣeyiɣi mede o la, mava o.

7Ke nu si ŋutsu aglãdzela kple dzomavɔ me vi sia awɔ ne eva la, le edzi yim xoxo gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi. 8Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nume la afiãe; eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi. 9Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋutidɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe. 10Ado lã amesiwo katã yina ɖe dzomavɔ la me elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ; wogbe be yewomaxɔ nyateƒe la ase, alɔ̃e be wòaɖe wo o, 11eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo 12eye woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã pɛpɛpɛ be woxɔ alakpa dzi se, gbe nu le nyateƒe la gbɔ eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe nu vɔ̃wo me.

Minɔ te sesĩe

13Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃, elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzixɔxɔse me. 14Mawu gblɔ nyanyui la na mi to mía dzi. Eye to mía dzi wòyɔ mi be miakpɔ gome le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me.

15Nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo katã le susu me na mi eya ta minɔ te sesĩe eye mialé nyataƒe la me ɖe asi sesĩe, nyateƒe siwo míefia mi esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi.

16Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí eye to eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la, 17nade dzi ƒo na mi eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nya nyui ɖe sia ɖe gbɔgblɔ me.

Copyright information for EweBEE